Lé ŋku ɖe míaƒe modzakɛɖegbalẽwo ŋu

Agbalẽ siwo ɖe aɖaŋu kple nusɔsrɔ xɔasi vovovowo ɖe go.

Ƒle Ami Ƒe Kalẽwɔwɔ

Lé ŋku ɖe míaƒe modzakɛɖegbalẽwo ŋu

Agbalẽ siwo ɖe mɔnu yeye vovovowo to

Ami Ƒe Kalẽwɔwɔ

Tso Ami Ƒe Kalẽwɔwɔ ŋuti

Ami ƒe didi enye be yeawɔ xexeme wòanyo Enye dzɔdzɔmelɔ̃la eye mo sẽ nɛ, etsi dzi ɖe nu siwo ƒo xlã mí la ƒe dedienɔnɔ ŋu ale wòdi vevie be yeawɔe wòanɔ dedie. Nublanuitɔe la, ede dzesii be dzɔdzɔmenu siwo ƒo xlã mí; esiwo nye exɔlɔ̃wo la ɖo xaxame ɖe amegbetɔ ƒe wɔnawo ta. Abe xɔlɔ̃ si tsɔ ɖe le me ene la, eƒe didi enye be yeawɔ ye tɔ sinu be yeaxɔ na wo. Agbalẽ sia ɖe Ami ƒe mɔzɔzɔ kple kalẽwɔwɔ fia tso esime didi sesẽ nyɔ le eme be yeakpe ɖe Ɣe ŋu be wòako nu, akpe ɖe lãwo ŋu ne woatsi agbe, yease Dzinu ƒe dɔwɔwɔ gɔme eye yeawɔ nane be xexeame nanyo ɖe edzi, anɔ dedie wu tsã la.

Míaƒe Agbalẽa le mɔ̃ɖaŋu dzi

Xlẽ Ami, aƒenɔvi aɖe ƒe didi vevie be yeahe tɔtrɔ nyui va xexeme la ƒe ŋutinya vivi la.

Our Ebook

Read the fascinating story of Ami, a young girl passionate about making the world a better place.

Audio

eBooks

Paperback

Also available in selected languages

Nulla porttitor accumsan tincidunt. Pellentesque in ipsum id orci porta dapibus. Lorem ipsum dolor sit amet, consectetur adipiscing elit Vivamus suscipit tortor eget felis.

Ami series Fraincais

$35

5/5

Available in Français

AMI ƑE KALẼWƆWƆ

$35

5/5

Available in Eʋegbe

Ami series Kiswahili

$35

5/5

Available in Kiswahili

Ami Ƒe Kalẽwɔwɔ Medzodzrowo

LATEST FROM AMI's BLOG

No posts found!

Ami ƒe Kalẽwɔwɔ Medzodzrowo

Wandile Nkambule South Africa

Agbalẽ sia ƒo nu tso nyɔnuvi ɖetsɔleme la ɖe si xa dzɔdzɔme ƒe dedienɔnɔ vevie la ŋu. Eƒe didi gbatɔ̃ enye be yeana Ɣe nakpɔ dzidzɔ. Mɔ ɖeka si dzi wòato lae nye be wòanyo dɔme akpe ɖe exɔlɔ̃wo ŋu le woƒe xaxawo ɖeɖeɖa me. Exɔlɔ̃wo nye Ati, Tsi, Ya, Alilĩ kple To. Ami fe dɔmenyo ŋutɔ be wò kpeɖe wo kata ŋuti eye wòwɔe be exɔlɔ̃ Ɣe gako alɔgbɔnui. Mede dziƒo na dzilawo be woaxlẽ agbalẽ sia kple woviwo ne woakpe ɖe woŋu be woate ŋu ase dzɔdzɔme gɔme tututu.

Nutifafa Feyi Ghana

Ami ƒe Kalẽwɔwɔ nye ɖeviwo ƒe agbalẽ si lé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe nuwɔna siwo gblẽa nu le nu siwo ƒo xlã mí la ŋu. Wolé kuxi sesẽ siwo ku ɖe nu siwo ƒo xlã mí ŋu la ɖe gbe si gɔme ɖeviwo ase bɔbɔe la me eye exexlẽ ado dzidzɔ na exlẽlawo hã. Ke yɔyɔ tu agbalẽ sia xlẽlawo be woawɔ nane be míaƒe AƑE la nakpɔ ɖeɖe. Agbalẽ sia fia exlẽlawo be woaho aʋa atraɖiiɖe nu sia nu si ahe gbegblẽ va dzɔdzɔme nu siwo ƒo xlã mí la ŋuti. Efia mɔ nyui siwo dzi woato aɖe ANYIGBA la hã. Agbalẽa nyo ŋutɔ na ɖevi siwo xɔ ƒe 6-16. Meka ɖe dzi be, avivi tsitsiawo hã nu.

Stephen Kwadwo Boateng Ghana

Ami Ƒe Kalẽwɔwɔ nye agbalẽ nyui aɖe si aʋu exlẽlawo ƒe susu ɖe nu siwo ƒo xlã mí la ƒe asixɔxɔ kple nu si ta wòle vevie be míakpɔ wo dzi nyuie hena míawo ŋutɔ ƒe nyonyo. Aƒenɔvi aɖe ku drɔ̃e be yeadze agbagba be nusiwo ƒoxlã mí la nanɔ dedie. Eƒe afɔɖeɖewo katã ku ɖe eƒe taɖodzinu sia ŋu be yeawɔe wòade go godoo. Le nuwuwu la, ebia biabia geɖe eye wòxɔ ŋuɖoɖo geɖe ha. Esiawo katã kpe ɖe ŋu be wòte ŋu ʋli nu siwo ƒo xlã mí kple exɔlɔ̃awo ƒe dedienɔnɔ ta. Melɔ agbalẽ sia elabena exexlẽ vivi ŋutɔ. Nu geɖewo le eme siwo woasrɔ̃ be woagade abi nugbagbewo kple dzɔdzɔme blibo la ŋuti o. Exexlẽ le bɔbɔ eye eme hã nya se. Nɔnɔmetata siwo kpe ɖe ŋu la dzeani ŋutɔ. Ne agbalẽ sia le gbe vovovowo me na ɖeviwo ƒe xexlẽ la, Ami azu kpɔɖeŋu na wo eye wòakpe ɖe wo ŋu be woalébe na xexeme awɔe wòanyo hã Agbalẽ sia va nyuie le ɣeyiɣi siwo me yametɔtrɔ kple egbegblẽ bɔ la me.

Eman Abdo Egypt

Togbɔ be nyemega nye ɖevi o hã la, melɔ̃a ɖeviwo ƒe agbalẽ xexlẽ ɣe sia ɣi. Nusɔsrɔ̃ geɖe siwo míesrɔ̃ na le ŋutinya kpuiwo me la wɔ nuku. Ami ƒe Kalẽwɔwɔ ŋutinya sia xexlẽ na mede dzesii be, nyemexlẽ agbalẽ sɔgbɔ kuɖe nu siwo ƒo xlã mí la kple nu si ɖeviwo ate ŋu wɔ be xexeame naganyo na míaƒe nɔnɔ la ŋu o. Ta sia ta le agbalẽa me ƒo nu tso Ami ƒe kalẽ si wòwɔ la dometɔ ɖeka ŋu tsitotsito. Eye kalẽ vavãtɔwonye! Ale si agbalẽa lé ŋku ɖe xexeme kuxiwo ŋui gbadza be egɔme nanyase na ɖeviwo bɔbɔe la hã sɔe nam ŋutɔ. Esi gawum kura enye dzesidede nyadoŋkuiawo be wogba nya siwo sesẽ la me na ɖeviwo ƒe gɔmesese nyuitɔ.

Tsia ka kpli mí

Tsia ka kpli mí hena nyatakaka geɖe tso agbalẽtata wo le Bolingo.

Míaƒe Agbalẽa le mɔ̃ɖaŋu dzi

$ 3.99

Ele Epub me

Agbalẽ la

$ 9.95

Aɖo gbɔwò le Kɔsiɖa ɖeka me