Asitɔtrɔ mamlea dzɔ le [Anyɔnyɔ 27, 2022]

KPƆKPLƆYIƉEME

  1. Bolingo gɔme enye Bolingo Communications and Media Consult LTD, dɔwɔƒe si le Ghana dukɔ la ƒe sewo te, alo Bolingo Communications and Media Consult LLC, dɔwɔƒe si le Amerika nyigba ƒe sewo te eye enɔƒe le 1151 Walker Rd Ste, Dover DE, USA. 
  2. Bolingo (“mía” “míawo” “míaƒe”) dea bubu mía  ŋudɔwɔla ƒe adzamenyawo ŋu (“ŋudɔwɔla” alo “wò”). Ale si míaxɔ, azã, ama kple ale si míalé be na wò nyatakakawo ne ègeɖe míaƒe website si dzi míetɔ asii le akpa (3) lia le ete la ƒe gɔmeɖeɖe le Adzame Ɖoɖo sia me. Taflatse xlẽ adzame ɖoɖo sia to eme nyuie. Ne melɔ̃ ɖe adzame ɖoɖo sia ƒe sewo dzi o la, na míanya to nuŋɔŋlɔ na mí le info@bolingoconsult.com dzi. 
  3. Adzame Ɖoɖo sia nye kpɔtɔtɔ na Bolingo websitewo (“Site”), kple “domains” kple “subdomains” siawo hã:
  4. Míaƒe dɔe nye be míawɔ tɔtrɔ le Adzame Ɖoɖo sia ŋuti ɣe sia ɣi si míedi kple susu ɖe sia ɖe si míelɔ̃ la ta. Àxɔ nyanyanana tso tɔtrɔ ɖe sia ɖe si ayi dzi la ŋu to dzesidede ŋkeke si dzi “Tɔtrɔ Yeye” aɖe yi dzi le Adzame Ɖoɖo me la me. Tɔtrɔ yeye ɖe sia ɖe si woawɔ le Adzame Ɖoɖo la ŋu la adze dɔ wɔm enumake le website la dzi, eye nyanyanana tso tɔtrɔ sia wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu la megale wò ŋuse me o. 
  5. Míede dziƒo na wò be na to Adzame Ɖoɖo sia me edziedzi be nanya nu tso tɔtrɔ yeyewo ŋu. Ɣe sia ɣi si tɔtrɔ yeye va Adzame  Ɖoɖo ŋu eye nègakpɔtɔ le Site la zãm la, míatsɔe be ele nyanya na wò, lɔ wò ɖe eme eye nèxɔ tɔtrɔawo de eme.  

NYATAKAKAXƆXƆ TSO ŊUWÒ

Míaxɔ nyatakaka aɖewo tso ŋuwò to mɔ vovovowo nu. Nya sia wo míaxɔ le site la dzi la dometɔ aɖe woe nye:

Ɖokuiwo Ŋunyawo 

Nya siwo nye dzesidede tso wo ŋutɔ ɖokui ŋu abe wò ŋkɔ, email adrɛs, ŋutsu alo nyɔnu nyenye, wò tsoƒe, nu si doa dzidzɔ na wò, esia wo atsɔ na mí dzizizi manɔmee le wòtsaɖiɖi le site la dzi eye aŋlɔ esiawo… Menye dzizizi wònye be na ɖe asi le ɖokuiwo ŋunya ƒomevi aɖeke ŋuti na mí o, ke hã la ne egbe etsɔtsɔ na mí la mate ŋu akpɔ site la ƒe akpa aɖe wo o. 

Nyatakaka si do tso nyatakaka bubume 

Nyatakaka siwo míaƒe mɔwo he le woɖokui si ne ege ɖe míaƒe Site dzi la woe nye, wò IP adrɛs, wò browser ƒomevi, wò operating system, ɣeyiɣi siwo dzi egena ɖe eme, Site la ƒe akpa siwo tututu negena ɖo ŋgɔ na gegeɖe Site la dzi kple emegbe. 

Nyatakaka tso Hoʋiʋliwo, Nunanawo kple Numekukuwo ŋu 

Ameɖokui ŋutinyawo kple nyatakaka bubu siwo àŋlɔ ne ège ɖe hoʋiʋliwo, nunanawo kple èkpɔ gome le numekukuwo me.

WÒ NYATAKAKAWO ŊUDƆWƆWƆ 

Nyatakaka dedie tso ŋu wò la akpe ɖe míaŋu be míate ŋu asubɔ wò wòadze ŋu wò nyuie. Vevietɔ enye ale si míazã wo nyatakaka siwo asu míasi lae to Site sia dzi la hena: 

NUKOKLO LE WÒ NYATAKAKA DZI

Ne ehiã la míama nyatakaka siwo míexɔ tso ŋu wò la le ɣeaɖewoɣi  Mɔ siwo dzi míama wò nyatakakawo atoe:  

Le se nu be hena amewo ƒe gomekpɔkpɔ ta ʋiʋli 

Ne míexɔe se be asiɖeɖe le nyatakaka tso ŋu wò ahiã le se ŋudɔwɔwɔ me, hena numekuku alo ne míede dzesi nuwɔna aɖe si da le míaƒe ɖoɖowo dzi, alo hena gomekpɔnyawo, nunɔamesiwo kple ame bubuwo ƒe dedienɔnɔ taʋiʋli la, míama wò nyatakakawo abe ale si se kple ɖoɖowo ɖe mɔe la ene.   

Ametutɔ Dɔwɔwɔhawo  

Asiɖeɖe le wò nyatakakawo ŋu na ametutɔ dɔwɔƒe siwo wɔna dɔ aɖewo abe nyatakakawo ŋudzodzro, na nɔƒe mí ɖe woƒe yaʋala dzi, asisiwo gbɔkpɔkpɔ kple alɔdodo le asitsatsa me ene na mí alo ɖe mía nu la ahiã.  

Asitsatsa Gbedeasiwo

Ne elɔ̃ la, míama wò nyatakakawo  kple ametutɔ dɔwɔƒewo hena asitsatsa ɖoɖowo abe ale si se ɖe mɔe la ene. Mɔnukpɔkpɔ lee be nagbe be míagama ye ŋu nyawo o.

Ƒododowo 

Míama wò nyatakakawo  kple dɔwɔƒe siwo ƒomedodo le mía kpli wo dome la, ke le esia me la míabia tso wo si be woazɔ Adzame Ɖoɖo siawo dzi. Dɔwɔƒe siwo míedo ƒome kpli la nye míaƒe dɔwɔƒegã kple ɖe sia ɖe si le ete la, dɔwɔhagã siwo wɔna dɔ le ɖekawɔwɔ me kpli mi alo kpli dɔwɔƒe bubu siwo le míaƒe kpɔkplɔ te alo siwo le mía kpli dɔwɔhagãwo ƒe dzikpɔkpkɔ te sɔsɔe.

Asitsahatiwo 

Míama wò nyatakakawo kple míaƒe asitsahatiwo le nanewo dzadzra, wɔna aɖe kple boblododo aɖewo vɛ na wò. 

Ametutɔdɔwɔha Bubuwo

Míama wò nyatakakawo kple míaƒe boblododɔwɔƒewo kple gadedɔmelawo hena asitsanyawo me dzodzro.  Míama wò nyatakakawo kple ametutɔ dɔwɔha sia wo hena asitsaŋuti ɖoɖowo wɔwɔ abe ale si se la ɖe mɔ ene. 

Nudzadzra alo Agbaɖuɖu 

Ne wovadzɔ be míegbugbɔ asitrɔ le mía ɖokuiwo ŋu, alo dzra dɔwɔƒe blibo la alo eƒe akpa ɖe, alo míewɔ ɖeka kpli dɔwɔha bubu aɖe, alo dɔwɔha bubu aɖe ƒle míaƒe dɔwɔƒe la, mía tsɔ wò nyatakakawo na ame si sime dɔwɔƒe la dze. Ne míegale dɔ wɔm o alo míeɖu agba la, wò nyatakakawo anye ŋudɔwɔnu vevi si mía tsɔ na alo esi dɔwɔƒetutɔ aɖe naƒle. Exɔe de eme be asi ɖeɖe sia ayi dzi eye exɔla ate ŋu agbe ɖoɖo siwo le Adzame Ɖoɖo sia me.

Ne eɖe asi le wò nyakakaveviwo ŋu na ametutɔdɔwɔƒewo la, míawo míekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe ale si ametutɔdɔwɔƒeawo azãe la dzi o. Ne megadi be yeaxɔ gbedeasi alo email alo nuŋɔŋlɔwo tso ametutɔdɔwɔƒe siawo gbɔ o la, wò dɔdeasi wònye be wò ŋutɔ nàtsia ka kple ametutɔdɔwɔƒe ma wo.

MƆ̃ƉAŊU SIWO LÉNA AMEWO ƑE NYATAKAKAWO

Aɖaŋu si na na be websitewo tea ŋu dea dzesi wozãlawo to ameawo ƒe nyatakakawo dzi (Cookies) kple ɖaŋu si dea dzesi wozãlawo ƒe wɔnawo tututu le websitewo dzi la (Web Beacons).

Míate ŋu zã cookies, web beacons, tracking pixels kple mɔ̃ɖaŋu bubu siwo léna nyatakakawo le Site la dzi be woawɔ Site la wòanɔ tɔxɛ na wò. Ne ège ɖe Site la dzi la, womexɔa ŋuwò nyawo tona mɔ̃ɖaŋu si léa nyatakakawo la dzi o.  Wowɔ nudiƒe geɖewo xoxo be woaxɔ cookies le woɖokui si. Ate ŋu ɖe cookies la ɖa alo agbe exɔxɔ, gake nyae be ne ewɔ nenema la ate ŋu ɖefu na Site la ƒe dɔwɔwɔ. Mahiã be nagbe web beaconwo o. Gake, ateŋu agbewo cookieswo katã alo awɔe be nudiƒe (web browser) la nana nyanya wò ɣe sia ɣi si cookie aɖe dze la, be nalɔ̃ axɔe loo alo agbe cookieswo ɖekaɖeka.  

AMETUTƆ WEBSITEWO

Ametutɔ sitewo ƒe toƒewo anɔ míaƒe Site la dzi kple applicationwo, boblododowo kple dɔwɔna siwo menye mía tɔ eye kadodo aɖeke mele mía kpli wo dome o la hã.  Zi ale si neto mɔ sia dzi hedogo le Site la, nyae be nyatakaka siwo nètsɔ na ametutɔ sitewo la mele Adzame Ɖoɖo sia ƒe ŋuse te o eye míate ŋu aka ɖe wò nyatakakawo ƒe dedienɔnɔ dzi o. Hafi nage ɖe alo aɖe asi le wò nyatakaka ŋuti na ametutɔ websitewo la, teekpɔ nanya woƒe adzame ɖoɖowo kple wɔnawo (ne nane li nenema) bu tame  eye na tso afia na ɖokuiwo hafi naɖe afɔ ɖe eŋu be nàkpɔ wò nyatakaka ƒe dedienɔnɔ ta vevie. Ametutɔwo, site bubuwo, dɔwɔƒe bubuwo kple applicationwo siwo ɖewomahĩ tsiaka kpli mí alo tso miaƒe Site dzi la ƒe adzame ɖoɖowo kple dedienɔnɔ kpakple wo ƒe dɔwɔnawo menye míaƒe agba o. 

AMEƉOKUI ŊUTINYA ƑE DEDIENƆNƆ

Dɔwɔɖaŋu, mɔ̃ɖaŋu kple dedienɔnɔ ƒe aɖaŋuwo dzie míezɔna kpɔna ameɖokui ŋuti nyatakaka ƒe dedienɔnɔ dzi. Togbɔ be míedze agbagba ale si dze be míawɔe be ameɖokui ŋuti nyatakakawo siwo nèna mí le dedie hã la, taflatse nyae be le míaƒe agbagbawo katã megbe hã la, dedienɔnɔaɖaŋu aɖeke mede blibo tututu o, eye mɔ siwo dzi nyatakakawo zɔna la hã ƒe ɖeke mevo tututu tso nugbegblẽwɔlawo sime o. Nyatakaka ɖe sia ɖe si le mɔ̃ɖaŋu le yame ko la, ateŋu age dze ame madzemadzewo sime eye woawɔ eŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu. Esia ta, míate ŋu aɖo kpe dzi kɔtɔe be ameɖokui ŋuti nyatakaka si nèna la le diedie tututu o.

ƉEVIWO ƑE ƉOƉO  

Míeɖo bua le nyatakaka biam tso ɖevi si wo mexɔ ƒe 13 o la gbɔ alo le asi tsam kpli wo o. Taflatse ne ède dzesi be míexɔ nyatakaka ɖe tso ɖevi siwo metsi xɔ ƒe 13 o gbɔ la, tsia ka kpli mí to katsiadzesi siwo le ete la dzi. 

Kaƒodzesiwo: +233 502 960 485 / +1 302 546 5137     

Email: info@bolingoconsult.com 

CALIFORNIA ƑE ADZAME ƉOƉOŊUTISEWO

Calofornia Civil Code Section 1798.83, se si woyɔna be “Shine The Light” hã, ɖe mɔ be míaƒe asisi siwo le California la nabia eye woaxɔ ameɖokui ŋuti nyatakaka tɔxɛ aɖewo (ne nane li nenema) tso míagbɔ ƒe ɖeka zi ɖeka femaxee, esiwo ŋuti míeɖe asi le na ametutɔwo hena asitsaɖoɖowo kple ametutɔ siwo míema ameɖokui ŋuti nyatakaka siawo kpli la ƒe ŋkɔwo kple woƒe adrɛs le ƒe si va yi la me.  Ne California dume nèle koŋ eye nèdi be yeabia biabia sia ƒomevi la, taflatse ŋlɔ nu ɖoɖa mí to mɔ siwo le ete la dzi.

TSIAKA KPLIMÍ

Taflatse ne biabia kple nya aɖewo le asi wò kuɖe Adzame Ɖoɖo ŋu la, tsia ka kpli mí to:

Kaƒodzesiwo: +233 502 960 485 / +1 302 546 5137     

Email: info@bolingoconsult.com