AKPA1 – NU SI LE ETEƑE
Woŋlɔ Fexexe, Agbatrɔgbɔ kple Gatɔtrɔna Ŋutiɖoɖo sia na ame sia ame si tsana asi kpli mí, asisiwo, nuƒlelawo kple ame ƒomevi siwo keŋ zɔ to Bolingo Communications and Media Consult LLC, ƒe website www.books.bolingoconsult.com dzi. Esia lɔ asisiwo katã tso xexeme ƒe akpa sia akpa.
AKPA 2 – FEXEƉOƉO
Asisiwo ate ŋu axe fe ɖe nu siwo woƒle la (agbalẽa ƒuƒui kple digital books kple esi wolé ɖe gbeɖiɖi me) ta le míaƒe website la dzi alo to credit card dzi; Fexemɔnu siawo koe nàto àxe fe na Bolingo Communications and Media Consult LLC’s website. Míaƒe dɔdeasie wònye be míatrɔ, akpeɖe ŋu alo aɖe fexemɔnu le eme na míaƒe dɔ la. Fexemɔnu ɖe sia ɖe ƒe sewo kple ɖoɖowo le nyatakaka xɔxɔ kple ezazã me la tovovo le wo nɔewo gbɔ, àte ŋu àdi woƒe adzame ɖoɖoawo axlẽ le afi ma. Ate akpɔ dɔwɔƒe siawo ƒe adzame ɖoɖoawo le afii.
Asisiwo ate ŋu te fli ɖe dɔdɔe me. Àte ŋu te fli ɖe dɔdɔe me le gaƒoƒo 120 me.
AKPA 3 – AGBATRƆGBƆ
Ne nusi nèƒle la medze ŋu wò o ɖe susu aɖe ta la, Boligo Communications and Media Consult LLC alɔ̃ axɔ agbatrɔgbɔ la magblẽmagblẽe eye woatrɔ wò ga la katã na wò, ʋuɖofe mele eme o. Asisi nakpɔ gbɔ be wobla agba la ɖe nɔnɔme nyuie me be magblẽ le edede ʋu me o.
Ne nu si nèxɔ la gblẽ le mɔdzi hafi ɖo gbɔ wò la, taflatse ɖe foto nua kple gbegblẽ si ka nusi wotsɔ blae la hafi natsɔe aƒu gbe, azɔ tsia ka kpli mí le business@bolingoconsult.com Adzɔdzi na mí be mía ɖɔli nawò alo atrɔ wò ga na wò. Míabia tso asiwo be natrɔ agbagbegblẽ la ɖo ɖe mí (míaxe fe aɖo eŋuti gbalẽ ɖa) be naxɔ wo gagbagba alo agba si nàxɔ ɖe eteƒe la.
Dze ɖoɖo le agbatɔtrɔ ŋuti gɔme esi agbala ka asiwo le ŋkeke 10 dome.
Míehiã nyatakaka siwo ɖe dzesi be èɖi asi le míagbɔ (ŋkɔ, adrɛs si dzi agba la yi, ŋkeke si dzi nèƒle nu le la) wòasɔ kple dzesidede si le míagbɔ be míate ŋu wɔ liɖɔɖɔ alo atrɔ ga la ɖoɖa.
Ne mía ƒe asi ka agba xoxoa ko, míawɔ dɔ tso wò biabia be mía gbugbɔe ɖoɖa wò la ŋu. Àxɔ gbedeasi be míele asi trɔm le agbatɔtrɔ ƒe dzesidegbalẽ ŋu alo abe nyanyanana tso agba si mía ɖɔli na wò la ŋu. Ne vovototo aɖe va agba la ƒe home ŋuti la míabui kpe ɖe fe si le credit card si nèzã tsɔ dɔ agba lae agba la ƒe ʋuɖofe manɔmee. Taflatse megaŋlɔ credit card dzi nyatakakawo ɖe wò receipt dzi o – míaƒe ɖoɖowo ɣla na cardvi dzi nyatakaka veviwo na agbatrɔgbɔwo kple nuɖɔliɖɔliwo. Ne míede dzesi xaxa aɖe la míatsia ka kpli wò to email adrɛs si nèna le wò nudɔdɔ gbãtɔ me la.
Taflatse, esia le vevie: ɖoɖowɔwɔ le nutɔtrɔ gbɔe ŋu la ate ŋu xɔ kɔsiɖa 2-4
AKPA 4 – ƉOƉO LE AGBATƆTRƆ GBƆE ŊU
Ne wò gbedeasi ɖo míagbɔ be míagbugbɔ wò ga na wò la, taflatse, lala dɔwɔŋkeke 3 alo 5 hafi woawɔ dɔ tso wò ga si míagbugbɔ na wò la ŋuti. Ne woda asi ɖe edzi be míagbugbɔ ga la aɖo ɖa la, ekema ga la adze le fexemɔnu is tututu dzi ga to hafi va míagbɔ la dzi. Axɔ ɣeyiɣi aɖe sinu hafi ga si míaɖo ɖa la nadze le asisi la ƒe ŋkɔ nu, eyata hafi nàtsia ka kpli mi la, míabia tso ame si wo kata wɔna dɔ kpli mí alo ƒlea nu le míagbɔ la si bena woa le ŋku ɖe woƒe credit card dɔwɔƒewo, gadzraɖoƒewo alo fexemɔnu vovovowo ŋu.
AKPA 5 – TSIA KA KPLI MÍ
Ne ehiã nyamekɔkɔ aɖe la, tee kpɔ natsia ka kpli mí to email sia dzi: business@bolingoconsult.com
Ŋkeke: Adeamekpɔxe 8, 2022